\id EZR - Biblica® Open Ewe Contemporary Scriptures 2020 \ide UTF-8 \h Ezra \toc1 Ezra ƒe agbalẽ \toc2 Ezra \toc3 Ezr \mt1 Ezra \mt2 ƒe agbalẽ \c 1 \s1 Sirus kpe ɖe aboyomeawo ŋu wotrɔ gbɔ \p \v 1 Le Sirus ƒe fiaɖuɖu ɖe Persia dzi ƒe ƒe gbãtɔ me la, be yeawɔ Yehowa ƒe nya si Yeremia gblɔ dzi la, Yehowa ʋã Sirus, Persia fia ƒe dzi be wòaɖe gbeƒã le eƒe anyigba blibo la dzi, eye wòaŋlɔ gbeƒãɖeɖe sia ɖe agbalẽ me be: \pmo \v 2 Nu si Sirus, Persia fia gblɔe nye esi: \pm “Yehowa, dziƒo ƒe Mawu, tsɔ anyigbadzidukɔwo katã dzi ɖuɖu de asi nam, eye wòtiam be matu gbedoxɔ na ye le Yerusalem, le Yuda. \v 3 Ame siwo nye Yehowa ƒe amewo, eye wole mia dome la, ate ŋu ayi Yerusalem le Yuda, eye woatu Yehowa, Israel ƒe Mawu, Mawu si le Yerusalem ƒe gbedoxɔ la. Woƒe Mawu nanɔ kpli wo. \v 4 Mikpe ɖe ame siwo katã susɔ, afi ka ke wole o ŋu kple klosalo, sika, nunɔmesiwo, lãhawo kple lɔlɔ̃nununana hena Mawu ƒe gbedoxɔ la tutu le Yerusalem.” \p \v 5 Tete ƒometatɔ siwo le Yuda kple Benyamin, nunɔlawo kple Levitɔwo kple ame sia ame si ƒe dzi Mawu ʋã ko la, dzra ɖo be woayi Yerusalem aɖatu Yehowa ƒe gbedoxɔ la. \v 6 Woƒe aƒelikawo kpe ɖe wo ŋu kple klosalo kple sikanuwo, nunɔamesiwo, lãhawo kple nunana xɔasi bubuwo, hekpe ɖe lɔlɔ̃nununana bubuwo katã ŋu. \p \v 7 Gawu la, Fia Sirus ɖe Yehowa ƒe gbedoxɔmenu siwo Nebukadnezar lɔ le Yerusalem dzoe, eye wòtsɔ wo da ɖe eƒe mawuxɔ me la ɖe go. \v 8 Persia Fia Sirus na Mitreda, fiasãmenuwo dzikpɔla ɖe wo ɖe go, eye wòxlẽ wo de asi na Sesbazar, mɔmefia si nɔ Yuda dzi kpɔm. \b \li4 \v 9 Nuawo ƒe xexlẽ me yi ale: \b \li1 Sikanuɖugba blaetɔ̃ (30), \li1 Klosalonuɖugba akpe ɖeka (1,000), \li1 Klosalohɛ blaeve-vɔ-asiekɛ (29), \li1 \v 10 Sikagagba blaetɔ̃ (30), \li1 Klosalogagba alafa ene kple ewo (410), \li1 nu bubuwo akpe ɖeka (1,000). \b \li4 \v 11 Sika kple klosalonuwo katã le akpe atɔ̃ alafa ene (5,400). \b \p Sesbazar lɔ nu siawo katã ɖe asi, esi aboyomeawo tso Babilonia va Yerusalem. \c 2 \s1 Aboyome siwo trɔ gbɔ la ƒe ŋkɔwo \li4 \v 1 Azɔ la, ame siwo nɔ fiaɖuƒe la me, ame siwo Babilonia fia, Nebukadnezar ɖe aboyoe yi Babilonia, eye wogbɔ tso aboyome va Yerusalem kple Yuda le Zerubabel ƒe kpɔkplɔ te heyi ɖanɔ woawo ŋutɔ ƒe duwo me la woe nye. \v 2 Zerubabel, Yesua, Nehemia, Seraya, Relaya, Mordekai, Bilsan, Mispar, Bigvai, Rehum kple Baana: \b \li4 Ame siwo tso Israelviwo dome woe nye: \li1 \v 3 Tso Paros ƒe dzidzimeviwo dome, ame akpe eve alafa ɖeka blaadre-vɔ-eve (2,172). \li1 \v 4 Sefatia ƒe dzidzimeviwo, ame alafa etɔ̃ blaadre-vɔ-eve (372). \li1 \v 5 Ara ƒe dzidzimeviwo, ame alafa adre blaadre-vɔ-atɔ̃ (775). \li1 \v 6 Pahat Moab ƒe dzidzimeviwo, to Yesua kple Yoab ƒe ƒomewo dzi le ame akpe eve alafa enyi kple wuieve (2,812). \li1 \v 7 Elam ƒe dzidzimeviwo, ame akpe ɖeka alafa eve blaatɔ̃-vɔ-ene (1,254). \li1 \v 8 Zatu ƒe dzidzimeviwo, ame alafa asiekɛ kple blaene-vɔ-atɔ̃ (945). \li1 \v 9 Zakai ƒe dzidzimeviwo, ame alafa adre kple blaade (760). \li1 \v 10 Bani ƒe dzidzimeviwo, ame alafa ade kple blaene-vɔ-eve (642). \li1 \v 11 Bebai ƒe dzidzimeviwo, ame alafa ade blaeve-vɔ-etɔ̃ (623). \li1 \v 12 Azgad ƒe dzidzimeviwo, ame akpe ɖeka alafa eve kple blaeve-vɔ-ene (1,222). \li1 \v 13 Adonikam ƒe dzidzimeviwo, ame alafa ade kple blaade-vɔ-ade (666). \li1 \v 14 Bigvai ƒe dzidzimeviwo, ame akpe eve kple blaatɔ̃-vɔ-ade (2,056). \li1 \v 15 Adin ƒe dzidzimeviwo, ame alafa ene kple blaatɔ̃-vɔ-ene (454). \li1 \v 16 Ater ƒe dzidzimeviwo, to Hezekia dzi, ame blaasiekɛ-vɔ-enyi (98). \li1 \v 17 Bezai ƒe dzidzimeviwo, ame alafa etɔ̃ kple blaeve-vɔ-etɔ̃ (323). \li1 \v 18 Yorah ƒe dzidzimeviwo, ame alafa ɖeka kple wuieve (112). \li1 \v 19 Hasum ƒe dzidzimeviwo, ame alafa eve kple blaeve-vɔ-etɔ̃ (223). \li1 \v 20 Gibar ƒe dzidzimeviwo, ame blaasiekɛ-vɔ-atɔ̃ (95). \b \li1 \v 21 Ŋutsu siwo tso Betlehem gbɔ la ƒe xexlẽme le alafa ɖeka kple blaeve-vɔ-etɔ̃ (123). \li1 \v 22 Ame siwo tso Netofa le ame blaatɔ̃-vɔ-ade (56). \li1 \v 23 Ame siwo tso Anatɔt le ame alafa ɖeka kple blaeve-vɔ-enyi (128). \li1 \v 24 Ame siwo tso Azmavet le ame blaene-vɔ-eve (42). \li1 \v 25 Ame siwo tso Kiriat Yearim, Kefira kple Beerot le ame alafa adre kple blaene-vɔ-etɔ̃ (743). \li1 \v 26 Ame siwo tso Rama kple Geba le ame alafa ade kple blaeve-vɔ-ɖekɛ (621). \li1 \v 27 Ame siwo tso Mikmas le ame alafa ɖeka kple blaeve-vɔ-eve (122). \li1 \v 28 Ame siwo tso Betel kple Ai le ame alafa eve kple blaeve-vɔ-etɔ̃ (223). \li1 \v 29 Ame siwo tso Nebo le ame blaatɔ̃ vɔ eve (52). \li1 \v 30 Ame siwo tso Magbis le ame alafa ɖeka kple blaatɔ̃-vɔ-ade (156). \li1 \v 31 Ame siwo tso Elam ƒe to evelia me le ame akpe ɖeka alafa eve kple blaatɔ̃-vɔ-ene (1,254). \li1 \v 32 Ame siwo tso Harim le ame alafa etɔ̃ kple blaeve (320). \li1 \v 33 Ame siwo tso Lod, Hadid kple Ono le ame alafa adre kple blaeve vɔ atɔ̃ (725). \li1 \v 34 Ame siwo tso Yeriko le ame alafa etɔ̃ kple blaene-vɔ-atɔ̃ (345). \li1 \v 35 Ame siwo tso Senaa le ame akpe etɔ̃ alafa ade kple blaetɔ̃ (3,630). \b \li4 \v 36 Nunɔla siwo gbɔ la ƒe ƒometɔwo ƒe xexlẽme le ale: \li1 (Yesua ƒe vi siwo do tso) Yedaia ƒe viwo me la le ame alafa asiekɛ kple blaadre-vɔ-etɔ̃ (973). \li1 \v 37 Tso Imer ƒe dzidzimeviwo me, ame akpe ɖeka kple blaatɔ̃ vɔ eve (1,052). \li1 \v 38 Tso Pasur ƒe dzidzimeviwo me, ame akpe ɖeka alafa eve kple blaene-vɔ-adre (1,247). \li1 \v 39 Tso Harim ƒe dzidzimeviwo me, ame akpe ɖeka kple wuiadre (1,017). \b \li4 \v 40 Levitɔwo: \li1 Yesua kple Kadmiel ƒe dzidzimeviwo to Hodavia dzi, ame blaadre-vɔ-ene (74). \b \li4 \v 41 Hadzilawo: \li1 Asaf ƒe dzidzimeviwo, ame alafa ɖeka kple blaeve-vɔ-enyi (128). \b \li4 \v 42 Gbedoxɔ ƒe agbonudzɔlawo: \li1 Ame siwo nye Salum, Ater, Talmon, Akub, Hatita kple Sobai ƒe dzidzimeviwo la le ame alafa ɖeka kple blaetɔ̃-vɔ-asiekɛ (139). \b \li4 \v 43 Gbedoxɔmedɔwɔlawo tso ƒome siawo me: \li2 Ziha, Hasufa kple Tabaot. Woƒe dzidzimeviwo nye: \li2 \v 44 Keros, Siaha, Padon, \li2 \v 45 Lebana, Hagaba, Akub, \li2 \v 46 Hagab, Salmai, Hanan, \li2 \v 47 Gidel, Gahar, Reaia, \li2 \v 48 Rezin, Nekoda, Gazam, \li2 \v 49 Uza, Pasea, Besai, \li2 \v 50 Asna, Meunim, Nefusim, \li2 \v 51 Bakbuk, Hakufa, Harhur, \li2 \v 52 Bazlut, Mehida, Harsa, \li2 \v 53 Barkos, Sisera, Tema, \li2 \v 54 Nezia kple Hatifa. \li4 \v 55 Solomo ƒe dɔlawo ƒe dzidzimeviwoe nye: \li2 Sotai, Hasoferet, Peruda, \li2 \v 56 Yaala, Darkon, Gidel, \li2 \v 57 Sefatia, Hatil, Pokeret Hazebaim kple Ami ƒe dzidzimeviwo. \li4 \v 58 Gbedoxɔmesubɔlawo kple Solomo ƒe dɔlawo ƒe dzidzimeviwo le ame alafa etɔ̃ kple blaasiekɛ-vɔ-eve (392). \b \li4 \v 59 Ame siwo ƒe ŋkɔwo gbɔna la tso Tel Mela, Tel Harsa, Kerub, Adon kple Imer, gake womate ŋu agblɔ nenye be woƒe ƒome do tso Israel ƒe toawo me o. \li1 \v 60 Wonye Delaya, Tobia kple Nekoda ƒe dzidzimeviwo. Woƒe xexlẽme le alafa ade kple blaatɔ̃ vɔ eve (652). \b \li4 \v 61 Ame siawo hã tso nunɔlawo dome: \li1 Habaya, Hakɔz kple Barzilai ƒe dzidzimeviwo. Barzilai sia ɖe Gileadtɔ Barzilai ƒe vinyɔnu, eye wole eya hã yɔm be Barzilai. \li4 \v 62 Ame siawo di woƒe ƒomegbalẽ vevie gake womekpɔe o, eya ta womeɖe mɔ be woawɔ nunɔladɔ o, elabena wobui be wo ŋuti mekɔ o. \v 63 Gɔvina la de se be womekpɔ mɔ aɖu nuɖuɖu kɔkɔeawo ƒe ɖeke o va se ɖe esime nunɔla aɖe nabia gbe Mawu to Urim kple Tumim dzi hafi. \b \li4 \v 64 Ame siwo katã gbɔ la ƒe xexlẽme le akpe blaene-vɔ-eve alafa etɔ̃ kple blaade (42,360). \v 65 Woƒe ŋutsudɔlawo kple nyɔnudɔlawo le ame akpe adre alafa etɔ̃ kple blaetɔ̃-vɔ-adre (7,337) kpe ɖe hadzila alafa eve (200) ŋuti. \v 66 Wotsɔ sɔ alafa adre kple blaetɔ̃ vɔ ade (736), tedzisɔ alafa eve kple blaene-vɔ-atɔ̃ (245), \v 67 kposɔ alafa ene kple blaetɔ̃ vɔ atɔ̃ (435) kple tedzi akpe ade alafa adre kple blaeve (6,720) gbɔe. \b \p \v 68 Esi wova ɖo Yehowa ƒe aƒe me le Yerusalem la, ƒometatɔ aɖewo na lɔlɔ̃nununana be woatsɔ agbugbɔ Mawu ƒe aƒe la atu ɖe teƒe si wònɔ tsã. \v 69 Le woƒe ŋutete nu la, wona sikaga kilogram alafa atɔ̃ (500), klosaloga tɔ̃n etɔ̃ kple nunɔlawu alafa ɖeka (100) be woatsɔ de dɔ sia me. \p \v 70 Nunɔlaawo, Levitɔwo, hadzilawo, agbonudzɔlawo kple gbedoxɔmesubɔlawo yi ɖanɔ woƒe duwo me kple gbɔgbɔla bubuwo, eye Israelvi mamlɛawo yi ɖanɔ woƒe duwo me. \c 3 \s1 Wogbugbɔ vɔsamlekpui la ɖi \p \v 1 Le ɣleti adrelia me esi Israelviwo nɔ woƒe duwo me nyuie vɔ la, dukɔ la ƒo ƒu ɖe Yerusalem abe ame ɖekawo ene. \v 2 Tete Yozadak ƒe vi, Yesua, nɔvia nunɔlawo kple Sealtiel ƒe vi, Zerubabel kple woƒe kpeɖeŋutɔ bubuwo dze Israel ƒe Mawu la ƒe vɔsamlekpui la ɖiɖi gɔme be woasa numevɔwo le edzi, le nu si woŋlɔ ɖe Mawu ƒe ame, Mose ƒe Se la me nu. \v 3 Togbɔ be wovɔ̃ na ame siwo ƒo xlã wo hã la, woɖi vɔsamlekpui la ɖe eƒe gɔmeɖokpewo dzi, eye wosa ŋdi kple fiẽ numevɔsawo le edzi na Yehowa. \v 4 Le nu si woŋlɔ ɖi nu la, woɖu agbadɔmeŋkekenyui, eye wosa numevɔ xexlẽme sinu woɖo na ŋkeke ɖe sia ɖe. \v 5 Le esia megbe la, wosa gbe sia gbe numevɔsawo, Dzinu Yeye vɔsawo kple vɔsa siwo woɖo ɖi na Yehowa ƒe ŋkeke kɔkɔe bubuwo. Nenema ke wosa vɔ siwo nye lɔlɔ̃nununana na Yehowa. \v 6 Togbɔ be womeɖo Yehowa ƒe gbedoxɔ la gɔme anyi haɖe o hã la, wodze vɔsasa na Yehowa gɔme le ɣleti adrelia ƒe ŋkeke gbãtɔ dzi. \s1 Wogbugbɔ gbedoxɔ la tu \p \v 7 Azɔ la, wotsɔ ga na gliɖolawo kple atikpalawo, eye wotsɔ nuɖuɖu, nunono kple ami na Sidontɔwo kple Tirotɔwo, be woatsɔ sedati lalãwo tso Lebanon ato ƒu dzi ava kɔ ɖe Yopa, le Persia fia, Sirus ƒe mɔnana nu. \p \v 8 Le ɣleti evelia me, le ƒe evelia me esi wova ɖo Mawu ƒe aƒe la me le Yerusalem la, Sealtiel ƒe vi, Zerubabel, Yozadak ƒe vi, Yesua kple wo nɔvi bubuawo, nunɔlawo kple Levitɔwo kple ame siwo trɔ tso aboyome va Yerusalem la, dze dɔ la gɔme. Wotia Levitɔ siwo xɔ ƒe blaeve alo wu nenema la be woakpɔ Yehowa ƒe aƒe la ƒe dɔ dzi. \v 9 Yesua kple via ŋutsuwo, nɔviawo kple Kadmiel kple via ŋutsuwo, ame siwo nye Hodavia ƒe dzidzimeviwo, kpe ɖe Henadad ƒe viŋutsuwo kple wo viŋutsuwo kpakple wo nɔviwo ŋu. Levitɔwo katã wɔ ɖeka le ame siwo le Mawu ƒe aƒe la tum la ƒe dɔwo dzi kpɔkpɔ me. \p \v 10 Esi xɔtulawo ɖo Yehowa ƒe gbedoxɔ la ƒe gɔmeɖokpe vɔ la, nunɔlawo nɔ woƒe awu ʋlayawo me, lé kpẽwo ɖe asi kple Levitɔ siwo tso Asaf ƒe ƒome me, lé asiʋuiwo ɖe asi, eye woyi ɖanɔ woƒe nɔƒewo be woakafu Yehowa, abe ale si Israel fia, David ɖoe da ɖi ene. \v 11 Wotsɔ kafukafu kple akpedada dzi ha na Yehowa be, \q1 “Eƒe dɔ me nyo, \q2 eye eƒe lɔlɔ̃ na Israel li ɖaa.” \m Tete amehawo katã do kafukafuɣli na Yehowa sesĩe elabena woɖo Yehowa ƒe aƒe la ƒe gɔmeɖokpeawo vɔ. \v 12 Ke esi nunɔla tsitsi geɖewo, Levitɔwo kple ƒometatɔwo, ame siwo kpɔ gbedoxɔ xoxo la kpɔ, eye wogakpɔ yeyea ƒe gɔmeɖoƒe la, wo katã fa avi kple ɣli, ke ame bubu geɖewo ya do dzidzɔɣli. \v 13 Ame aɖeke mate ŋu ade vovototo dzidzɔɣli la kple aviɣli la dome o, elabena ameawo ƒe aseyetsotso de dzi ŋutɔ. Ale wose woƒe ɣli la le didiƒe ke. \c 4 \s1 Wotsi tsitre ɖe gbedoxɔ la tutu ŋu \p \v 1 Esi Yuda kple Benyamin ƒe futɔwo se be ame siwo trɔ gbɔ tso aboyome la le gbedoxɔ tum na Yehowa, Israel ƒe Mawu la la, \v 2 wova Zerubabel kple ƒometatɔwo gbɔ, eye wogblɔ na wo be, “Mina míatui kpli mi, elabena míesubɔa miaƒe Mawu la abe miawo ke ene, eye tso Asiria fia, Esarhadon, ame si kplɔ mi va afi sia ƒe ɣeyiɣiwo me ke míesa vɔ nɛ.” \p \v 3 Ke Zerubabel, Yesua kple Israel ƒe ƒomeawo ƒe tatɔwo ɖo ŋu na wo be, “Miakpɔ gome le gbedoxɔ tutu na míaƒe Mawu la me o. Míawo ɖeɖe míatui na Yehowa, Israel ƒe Mawu la abe ale si Persia fia, Sirus de see na mí ene.” \p \v 4 Tete ame siwo nɔ anyigba dzi ƒo xlã wo la ɖe dzi le Yudatɔwo ƒo si wɔe be wovɔ̃ na gbedoxɔ la dzi yiyi. \v 5 Wona zãnu dudzikpɔlawo be woatsi tsitre ɖe wo ŋu, eye woatɔtɔ woƒe ɖoɖowo me le Persia fia, Sirus ƒe fiaɖuɖu ƒe ɣeyiɣiwo katã me va se ɖe Persia fia Darius ƒe fiaɖuɣiwo ke. \s1 Tsitretsitsi si va le Ahasuerus kple Artazerses ƒe fiaɖuɣiwo me \p \v 6 Le Ahasuerus ƒe fiaɖuɖu ƒe gɔmedzedzea me la, wova tso Yuda kple Yerusalem nɔlawo nu. \p \v 7 Eye le Persia fia Artazerses ƒe fiaɖuɖu me la, Bislam, Mitredat, Tabeel kple wo ŋutime bubuwo ŋlɔ agbalẽ na Artazerses. Woŋlɔ agbalẽ la kple Aramaik alfabeta ɖe Aramaikgbe me. \p \v 8 Rehum dudzikpɔlagã kple agbalẽŋlɔla, Simsai, ŋlɔ agbalẽ tsi tsitre ɖe Yerusalem ŋu na Fia Artazerses. Agbalẽa me nyawoe nye: \pmo \v 9 Rehum, dudzikpɔlagã kple agbalẽŋlɔla, Simsai kple dɔnunɔla bubuwo, ʋɔnudrɔ̃lawo kple dudzikpɔla siwo kpɔa Tripoli, Persia, Erek kple Babilonia kple Elamtɔ siwo le Susa dzi, \v 10 hekpe ɖe ame siwo bubutɔgã, Asurbanipal nya ɖo ɖe Samaria kple Frat tɔsisi la godo ŋu. \p \v 11 Esia nye agbalẽ si woŋlɔ nɛ la me nya. \pmo Na: Fia Artazerses. \pmo Tso: Wò dɔla siwo le Frat tɔsisi la godo gbɔ. \pm \v 12 Fia nenyae be, Yudatɔ siwo tso gbɔwò va mía gbɔ la yi Yerusalem, eye wogbugbɔ du dzeaglã, vɔ̃ɖi la le tsotsom. Wole gliawo flɔm ɖe dzi, eye wole gɔmeɖokpe siwo gbã la ɖɔm ɖo. \pm \v 13 Gawu la, fia la nenya be ne wogbugbɔ du sia tso, ɖɔ eƒe gliwo ɖo la, ekema woagbe adzɔhowo, nudzɔdzɔwo kple mɔtahowo xexe, eye fiasã la ƒe gakotoku aɖi gbɔlo. \v 14 Azɔ la, esi wònye míaƒe dɔdeasie wònye na fiasã la, eye menyo be miazi kpi woaɖe bubu le fia la ŋu o ta la, míele gbe ɖom ɖe wò be wòanɔ nyanya na fia la, \v 15 eye wòatsa le ame siwo ɖu fia do ŋgɔ na wò ƒe nyaŋlɔɖiwo me. Àkpɔe le nyaŋlɔɖiawo me be du sia nye du dzeaglã si ɖea fu na fiawo kple nutometɔwo, teƒe si aglãdzedze le tso keke blema ke. Esia tae wogbã du sia ɖo. \v 16 Míena nyanya fia la be, ne wotso du sia, eye woɖɔ eƒe gliwo ɖo la, naneke magasusɔ na wò le Frat tɔsisi la godo o. \p \v 17 Esiae nye fia la ƒe ŋuɖoɖo na agbalẽ la: \pmo Na: Rehum dudzikpɔlagã, agbalẽŋlɔla, Simsai kple woƒe kpeɖeŋutɔ siwo le Samaria kple Frat tɔsisi la godo; \pmo Medo gbe na mi, \pm \v 18 Woxlẽ agbalẽ si mieɖo ɖe mí la na mí, eye woɖe egɔme hã na mí le ŋkunye me. \v 19 Meɖe gbe, eye wotsa le nyaŋlɔɖigbalẽ xoxoawo me heke ɖe eŋu be, tso gbe aɖe gbe ke la, du sia tsona ɖe fiawo ŋu, eye wònye aglãdzedze kple amemabumabu teƒe. \v 20 Fia siwo ɖo ŋusẽ geɖe la nɔ Yerusalem kpɔ, eye woɖu anyigba siwo katã le Frat tɔsisi la godo dzi, woxea nudzɔdzɔ, adzɔhowo kple mɔtahowo na wo. \v 21 Azɔ la, de se na ŋutsu siawo be woadzudzɔ dɔ la wɔwɔ, ale be womagbugbɔ du sia atso o va se ɖe esime maɖe gbe hafi. \v 22 Mikpɔ nyuie be mietsɔ nya sia vevie. Nu ka wɔ miazi kpi be, ŋɔdzidodo sia nayi ŋgɔ, agblẽ fiaɖuƒe la ƒe ŋgɔyiyi me? \p \v 23 Ke esi woxlẽ fia Artazerses ƒe agbalẽ la na Rehum, agbalẽŋlɔla Simsai kple wo ŋutime mamlɛawo la, wotso zia enumake heyi ɖe Yudatɔwo gbɔ le Yerusalem, eye wozi wo dzi kple ŋusẽ be woadzudzɔ dɔ la wɔwɔ. \b \p \v 24 Ale dɔ si wɔm wonɔ le Mawu ƒe gbedoxɔ la ŋu le Yerusalem la tɔ va se ɖe Persia fia Darius ƒe fiaɖuɖu ƒe ƒe evelia me. \c 5 \s1 Tatenai ƒe agbalẽ si wòŋlɔ na Dario \p \v 1 Azɔ la, Nyagblɔɖilawo Hagai kple Zekaria, Ido ƒe dzidzimeviwo gblɔ nya ɖi na Yudatɔ siwo le Yuda kple Yerusalem, le Israel ƒe Mawu, ame si nɔ wo dzi ɖum la ƒe ŋkɔ me. \v 2 Tete Zerubabel, Sealtiel ƒe vi kple Yesua, Yozadek ƒe vi, wogayi Mawu ƒe aƒe si le Yerusalem la gbugbɔtu ƒe dɔ dzi, eye Mawu ƒe Nyagblɔɖilawo nɔ wo gbɔ, nɔ kpekpem ɖe wo ŋu. \p \v 3 Le ɣe ma ɣi me la, Frat tɔsisi la godo nuto la me ƒe mɔmefia, Tatenai, Setar Bozenai kple wo ŋutimewo yi ɖabia wo be, “Ame kae ɖe mɔ na mi be miagbugbɔ gbedoxɔ sia kple xɔ sia ƒe gliwo aɖo?” \v 4 Wogabia wo be, “Ŋutsu siwo le teƒe sia tum la ƒe ŋkɔwo ɖe?” \v 5 Ke Yehowa ƒe ŋku nɔ Yudatɔwo ƒe dumegãwo ta kpɔm, ale womete ŋu ɖo asi wo dzi o va se ɖe esime woaŋlɔ agbalẽ na Darius, eye wòaɖo eŋu hafi woanya afɔ si woaɖe. \p \v 6 Esia nye nu si Tatenai, Frat tɔsisi la godo ƒe mɔmefia kple Setar Bozenai kple wo ŋutimewo kpakple dɔnunɔla siwo le Frat tɔsisi la godo ŋlɔ ɖo ɖe Fia Darius. \v 7 Agbalẽa me nyawo yi ale: \pmo Na: Fia Darius. \pmo Míedo gbe tɔxɛ na wò. \pm \v 8 Fia la nenyae be míegbugbɔ yi ɖe Yuda nuto la me, ɖe Mawu gã la ƒe gbedoxɔ me. Ameawo le xɔtudɔ la dzi kple kpe gãwo, eye wole ʋuƒoawo dem gliawo me. Wole dɔ la wɔm kple moveviɖoɖo, eye wòle afɔ tsɔm le woƒe kpɔkplɔ te. \pm \v 9 Míebia gbe woƒe dumegãwo be, “Ame kae ɖe mɔ na mi be miagbugbɔ gbedoxɔ sia kple xɔ sia ƒe gliwo aɖo?” \v 10 Míebia woƒe ŋkɔwo hã ta ale be míaŋlɔ woƒe ŋgɔnɔlawo ƒe ŋkɔwo aɖo ɖe wò wòanɔ nyanya na wò. \pm \v 11 Esiae nye ŋuɖoɖo si wona mí: \b \pm “Dziƒo kple anyigba ƒe Mawu la ƒe dɔlawo míenye; míegbugbɔ le gbedoxɔ si wotu ƒe geɖewoe nye esi va yi la tum, gbedoxɔ si Israel ƒe fia xɔŋkɔ aɖe tu, wu enu, \v 12 gake esi mía fofowo do dziku na dziƒo Mawu la ta la, etsɔ wo de asi na Kaldeatɔ Nebukadnezar, Babilonia fia, ame si gbã gbedoxɔ sia, eye wòɖe aboyo ameawo ɖo ɖe Babilonia. \pm \v 13 “Ke hã la, le Babilonia fia, Sirus ƒe fiaɖuɖu ƒe ƒe gbãtɔ me la, Fia Sirus de se be woagbugbɔ Mawu ƒe aƒe sia atu. \v 14 Gawu la, ena wolɔ sikanu kple klosalonu siwo nɔ Mawu ƒe aƒe la me, esiwo Nebukadnezar lɔ le Yerusalem gbedoxɔ me tsɔ va kɔ ɖe Babilonia gbedoxɔ me la do goe. \pm “Emegbe Fia Sirus tsɔ wo de asi na ŋutsu aɖe si woyɔna be Sesbazar, ame si wòɖo mɔmefiae la si, \v 15 gblɔ de esi be, ‘Tsɔ nu siawo eye yi nàkɔ wo ɖe Yerusalem gbedoxɔ me. Gbugbɔ Mawu ƒe aƒe la tu ɖe teƒe si wònɔ tsã.’ \pm \v 16 “Ale Sesbazar sia va ɖo Mawu ƒe aƒe la ƒe gbedoxɔ gɔme anyi ɖe Yerusalem, eya ta tso gbe ma gbe dzi va se ɖe fifia la, wole etutu dzi, eye womekpɔ wu enu haɖe o.” \b \pm \v 17 Azɔ la, ne edze fia la ŋu la, nena woatsa le Babilonia ƒe nyaŋlɔɖigbalẽwo me ne woakpɔe ɖa be vavãe fia Sirus de se aɖe nenema be woagbugbɔ Mawu ƒe aƒe si le Yerusalem la atu hã. Ekema fia la neɖo gbe ɖa tso eƒe nyametsotso ŋuti le nya sia me. \c 6 \s1 Sedede tso Fia Dario gbɔ \p \v 1 Tete Fia Darius de se, eye wotsa le nyaŋlɔɖigbalẽ xoxo siwo wodzra ɖo ɖe nudzraɖoƒe la me le Babilonia. \v 2 Woke ɖe lãgbalẽgbalẽ aɖe ŋu le Ekbatana ƒe fiasã si le Media nuto la me. Esiae nye nu si woŋlɔ ɖe eme: \pmo Ŋkuɖodzinya: \pm \v 3 Le Fia Sirus ƒe fiaɖuɖu ƒe ƒe gbãtɔ me la, fia la de se ku ɖe Mawu ƒe gbedoxɔ si le Yerusalem ŋuti be: \b \pm Migbugbɔ gbedoxɔ la tu wòanye teƒe si woasa vɔ le, miɖo eƒe gɔmeɖokpewo anyi. Nekɔ mita blaeve-vɔ-adre eye wòakeke mita blaeve-vɔ-adre. \v 4 Woatsɔ kpe gãwo aɖo gɔmeɖokpe lae, eye woaɖoe ɖe wo nɔewo dzi zi etɔ̃, ale be ɖoɖo etɔ̃lia nanye ati sesẽwo. Woatsɔ ga le fia la ƒe gaɖaka me axe fee ɖe dɔ la ta. \v 5 Kpe ɖe esia ŋu la, woatrɔ klosalonu kple sikanu siwo nɔ Mawu ƒe aƒe la me, esiwo Nebukadnezar lɔ le gbedoxɔ la me le Yerusalem, yi ɖe Babiloniae la aɖada ɖe wo nɔƒe le gbedoxɔ la me le Yerusalem; woakɔ wo ɖe Mawu ƒe aƒe la me. \b \pm \v 6 Ke azɔ la, wò, Tatenai, mɔmefia si le Frat tɔsisi la godo kple wò, Setar Bozenai kple mi woƒe dɔnunɔla siwo le nuto ma me la, migaka afɔ afi ma o. \v 7 Miɖe asi le Mawu ƒe gbedoxɔ si tum wole la ƒe nya me. Miɖe mɔ be Yudatɔwo ƒe mɔmefia kple Yudatɔwo ƒe dumegãwo nagbugbɔ Mawu ƒe aƒe sia atu ɖe teƒe si wònɔ tsã. \pm \v 8 Gawu la, mele se dem be, esiawo miawɔ na Yudatɔwo ƒe dumegãwo le Mawu ƒe gbedoxɔ la tutu me: \pm Woaxe ame siawo ƒe nugbegblẽwo katã tso fia la ƒe gaɖaka si me wodea nudzɔdzɔwoe le Frat tɔsisi la godo me, ale be dɔa matɔ te o. \v 9 Woatsɔ nyitsui, agbo kple agbovi siwo wohiãna na numevɔsawo na dziƒo Mawu la kpe ɖe wɔ, dze, wain kple ami siwo nunɔla siwo le Yerusalem hiãna gbe sia gbe la ŋu na wo, mada le edzi o. \v 10 Ale be woate ŋu asa vɔ siwo adze dziƒo Mawu la ŋu la nɛ, eye woado gbe ɖa ɖe fia la kple via ŋutsuwo ta be woanɔ dedie. \pm \v 11 Gawu la, mele se dem be ame si atrɔ sedede sia la, woaɖe ati le eƒe xɔ me, eye woatu ati la ɖe tome, aklãe ɖe eŋuti, eye le nu vɔ̃ sia ta la, woagbã eƒe aƒe wòazu aɖukpo. \v 12 Mawu, ame si na be yeƒe Ŋkɔ nanɔ afi ma la, naɖe fia le zi dzi alo dukɔ si akɔ eƒe asi dzi be yeatrɔ sedede sia alo agbã gbedoxɔ sia le Yerusalem. \pm Nye Darius de se sia. Ele be woawɔe kple mo vevi ɖoɖo. \s1 Gbedoxɔ la nu wuwu kple eŋutikɔkɔ \p \v 13 Le sedede si Fia Darius ɖo ɖa ta la, Tatenai, mɔmefia si le Frat tɔsisi la godo, Setar Bozeni kple wo ŋutimewo wɔ sedede la menyawo dzi kple mo vevi ɖoɖo. \v 14 Ale Yuda dumegãwo yi xɔa tutu dzi, eye to Nyagblɔɖila Hagai kple Zekaria, Ido ƒe dzidzimevi ƒe mawunyagbɔgblɔ me la, nuwo dze edzi nyuie. Le Israel ƒe Mawu kple Sirus, Darius kple Artazerses, Persia fiawo ƒe sededewo nu la, wowu gbedoxɔ la tutu nu. \v 15 Wowu enu le dzinu Adar ƒe ŋkeke etɔ̃lia dzi le Fia Darius ƒe fiaɖuɖu ƒe ƒe adelia me. \p \v 16 Tete Israel dukɔ la katã, nunɔlawo, Levitɔwo kple ame siwo gbɔ tso aboyome la ɖu Mawu ƒe aƒe la ŋuti kɔkɔ ƒe azã la kple aseyetsotso. \v 17 Wotsɔ nyitsu alafa ɖeka (100), agbo alafa eve (200) kple alẽvi alafa ene (400) sa vɔe le gbedoxɔ la ŋuti kɔkɔ me, eye abe nuvɔ̃ŋutivɔsa ɖe Israel blibo la ta ene la, wotsɔ gbɔ̃tsu wuieve ɖe Israel ƒe to wuieveawo nu sa vɔe, \v 18 eye woɖo nunɔlaawo ɖe woƒe hatsotsowo me kple Levitɔwo ɖe woƒe memamawo me hena Mawu ƒe dɔwo wɔwɔ le Yerusalem, ɖe nu si woŋlɔ ɖe Mose ƒe Agbalẽ la me nu. \s1 Ŋutitotoŋkekenyui la \p \v 19 Le dzinu gbãtɔ ƒe ŋkeke wuienelia gbe la, aboyometsolawo ɖu Ŋutitotoŋkekenyui la. \v 20 Nunɔlaawo kple Levitɔwo kɔ wo ɖokuiwo ŋu, ale wo katã wonɔ kɔkɔe le se la nu. Levitɔwo wu Ŋutitotolẽvi la na aboyometsolawo katã, wo nɔvi nunɔlawo kple woawo ŋutɔ ɖokuiwo. \v 21 Ale Israelvi siwo katã gbɔ tso aboyome la ɖui kple ame siwo katã kɔ wo ɖokuiwo ŋu tso trɔ̃subɔla siwo dome wole ƒe kɔnyinyiwo me, be woadi Yehowa, Israel ƒe Mawu la. \v 22 Woɖu abolo maʋamaʋã ŋkekenyui la kple aseyetsotso, elabena Yehowa tsɔ dzidzɔ yɔ woƒe dziwo me, eye wòna Asiria fia ƒe dɔ me trɔ ɖe wo ŋu, wòkpe ɖe wo ŋu le Israel ƒe Mawu la ƒe aƒe la ƒe dɔwo me. \c 7 \s1 Ezra va Yerusalem \p \v 1 Le nu siawo megbe, le Persia fia Artazerses ƒe fiaɖuɖu me la, Ezra, Seraya ƒe vi, Azaria ƒe vi, Hilkia ƒe vi, \v 2 Salum ƒe vi, Zadok ƒe vi, Ahitub ƒe vi, \v 3 Amaria ƒe vi, Azaria ƒe vi, Merayot ƒe vi, \v 4 Zerahia ƒe vi, Uzi ƒe vi, Buki ƒe vi, \v 5 Abisua ƒe vi, Finehas ƒe vi, Eleaza ƒe vi kple nunɔlagã Aron ƒe vi. \v 6 Ezra sia tso Babilonia va. Enye sefiala si bi ɖe Mose ƒe Se, si Yehowa, Israel ƒe Mawu la de la me. Fia la na nu sia nu si wòbiae, elabena Yehowa, eƒe Mawu la ƒe asi nɔ eya amea dzi. \v 7 Israelviwo dometɔ aɖewo, siwo dome nunɔlawo, Levitɔwo, hadzilawo, agbonudzɔlawo kple gbedoxɔmesubɔla aɖewo nɔ la va Yerusalem le Fia Artazerses ƒe fiaɖuɖu ƒe ƒe adrelia me. \p \v 8 Ezra va ɖo Yerusalem le dzinu atɔ̃lia me le fia la ƒe fiaɖuɖu ƒe ƒe adrelia me. \v 9 Edze mɔ tso Babilonia le dzinu gbãtɔ ƒe ŋkeke gbãtɔ dzi, eye wòva ɖo Yerusalem le dzinu atɔ̃lia ƒe ŋkeke gbãtɔ dzi, elabena eƒe Mawu la ƒe amenuvevesi nɔ edzi. \v 10 Ezra tsɔ eɖokui na Yehowa ƒe Se la sɔsrɔ̃ kple emeléle ɖe asi eye nenema kee wòtsɔ eɖokui na eƒe sededewo kple ɖoɖowo fiafia le Israel. \s1 Fia Artazerses ƒe agbalẽ si wòŋlɔ na Ezra \p \v 11 Esiae nye agbalẽ si Fia Artazerses ŋlɔ tsɔ na Ezra, nunɔla kple Sefiala, ŋutsu si bi ɖe Yehowa ƒe sededewo kple ɖoɖo siwo wòwɔ na Israel la me: \pmo \v 12 Tso: Artazerses, fiawo dzi fia gbɔ, \pmo Na: Nunɔla Ezra, Dziƒo Mawu la ƒe Sefiala: \pmo Medo gbe na wò. \pm \v 13 Azɔ la, mele se dem be, ne Israelvi aɖe si le nye fiaɖuƒe me kple nunɔla alo Levitɔ siwo di be yewoayi Yerusalem kpli wò la, woayi faa. \v 14 Fia la kple eƒe aɖaŋuɖola adreawoe le dɔwòm be nàyi Yuda kple Yerusalem aɖabia gbe wo tso ale si wolé wò Mawu ƒe Se si le asiwò me la me ɖe asii. \v 15 Gawu la, tsɔ klosalo kple sika siwo fia la kple eƒe aɖaŋuɖolawo na Israel ƒe Mawu la faa la, Mawu si ƒe nɔƒe nye Yerusalem la ɖe asi. \v 16 Kpe ɖe klosalo kple sika siwo katã nàkpɔ tso Babilonia nuto la me ŋu, nenema kee nye ameawo kple nunɔlawo ƒe lɔlɔ̃nununanawo na woƒe Mawu ƒe gbedoxɔ le Yerusalem. \v 17 Kpɔ egbɔ be yetsɔ ga sia ƒle nyitsuwo, agbowo kple alẽviwo kpe ɖe wo ŋuti nuɖuvɔsawo kple nunovɔsawo ŋu, eye nàtsɔ wo asa vɔe le wò Mawu ƒe vɔsamlekpui dzi le gbedoxɔ la me le Yerusalem. \pm \v 18 Emegbe la, wò kple nɔviwò Yudatɔwo miate ŋu awɔ klosalo kple sika si susɔ la ŋu dɔ ale si dze mia ŋu le miaƒe Mawu la ƒe lɔlɔ̃nu me. \v 19 Tsɔ nu siwo katã wode asi na wò hena Yerusalem ƒe Mawu la hena eƒe subɔsubɔ le wò Mawu la ƒe gbedoxɔ la me. \v 20 Nu bubu aɖe si hiã na wò Mawu la ƒe gbedoxɔ, si nèdi be yeaƒle la, tsɔe le fia la ƒe nudzraɖoƒe faa. \pm \v 21 Azɔ la, nye Fia Artazerses, mele gbe ɖem na nudzraɖoƒedzikpɔla siwo katã le Frat tɔsisi la godo be, woatsɔ nu sia nu si nunɔla Ezra, Dziƒo Mawu la ƒe Sefiala, abia mi la nɛ kaba \v 22 va se ɖe klosalo “tɔn” etɔ̃ kple afã, lu agba blaeve-vɔ-eve, wain adzafi eve kple afã, amitimi atukpa eve kple afã kple dze agbɔsɔsɔ si sinu wòdi la dzi. \v 23 Nu sia nu si Dziƒo Mawu la gblɔ da ɖi ko la, wonewɔe kple dzo na Dziƒo Mawu la ƒe gbedoxɔ. Nu ka ŋuti dziku anɔ fia la ƒe fiaɖuƒe kple via ŋutsuwo dzi? \v 24 Minyae hã be miekpɔ mɔ aɖo nudzɔdzɔ, adzɔ kple mɔtaho nunɔlawo, Levitɔwo, hadzilawo, agbonudzɔlawo, gbedoxɔŋudzɔlawo alo dɔ bubu aɖe wɔla si le Mawu ƒe aƒe sia me la dzi o. \pm \v 25 Ke wò, Ezra, le wò Mawu ƒe nunya si wòna wò nu la, tia nyadrɔ̃lawo kple ʋɔnudrɔ̃lawo, ame siwo nya wò Mawu la ƒe Sewo nyuie, ne woakpɔ ʋɔnudrɔ̃nyawo gbɔ na ame siwo le Frat tɔsisi la godo. Ke fia se la ame siwo menya Seawo nyuie o. \v 26 Ame si mewɔ ɖe wò Mawu la ƒe Sewo dzi alo fia la ƒe sewo dzi o la, ele be woahe to nɛ kple ku alo anyae le dua me, axɔ eƒe nunɔamesiwo le esi loo, alo adee gaxɔ me. \p \v 27 Woakafu Yehowa, mía fofowo ƒe Mawu la, ame si tsɔe de fia la ƒe dzi me be wòade bubu Yehowa ƒe aƒe la ŋu le Yerusalem alea, \v 28 ame si trɔ eƒe amenuveve kɔ ɖe dzinye le fia la kple eƒe aɖaŋuɖolawo kple fia la ƒe dɔnunɔla ŋusẽtɔ mawo ƒe ŋkume. Esi Yehowa, nye Mawu la ƒe asi nɔ dzinye ta la, dzi ɖo ƒonye, eye meƒo ame ŋkuta siwo tso Israel la nu ƒu be woayi kplim. \c 8 \s1 Ƒometatɔ siwo gbɔ kple Ezra \li4 \v 1 Esiawoe nye ƒometatɔ siwo trɔ gbɔ kplim tso Babilonia le fia Artazerses ƒe fiaɖuɖu me la ƒe ŋkɔwo kple ƒometɔ siwo ŋlɔ ŋkɔ ɖe wo gbɔ la ƒe ŋkɔwo: \b \li1 \v 2 Ame siwo tso Finehas ƒe dzidzime me: \li2 Gersom; \li1 Ame siwo tso Itamar ƒe dzidzime me: \li2 Daniel; \li1 Ame siwo tso David ƒe dzidzime me: \li2 Hatus \v 3 si tso Sekania ƒe dzidzime me; \li1 Ame siwo tso Paros ƒe dzidzime me: \li2 Zekaria kple ŋutsu alafa ɖeka blaatɔ̃ (150) siwo ŋlɔ ŋkɔ ɖe egbɔ; \li1 \v 4 Ame siwo tso Pahat Moab ƒe dzidzime me: \li2 Zerahia ƒe vi, Eliehoenai kple ŋutsu alafa eve (200) siwo kpe ɖe eŋu la; \li1 \v 5 Ame siwo tso Zatu ƒe dzidzimeviwo dome: \li2 Sekania, Yahaziel ƒe vi kple ŋutsu alafa etɔ̃ (300) siwo le eŋu la; \li1 \v 6 Ame siwo tso Adin ƒe dzidzime me: \li2 Yonatan ƒe vi, Ebed kple ŋutsu blaatɔ̃ siwo nɔ eŋu la; \li1 \v 7 Ame siwo tso Elam ƒe dzidzime me: \li2 Atalia ƒe vi, Yesaya kple ŋutsu blaadre siwo le eŋu la; \li1 \v 8 Ame siwo tso Sefatia ƒe dzidzime me: \li2 Mikael ƒe vi, Zebadia kple ŋutsu blaenyi siwo dze eyome la; \li1 \v 9 Ame siwo tso Yoab ƒe dzidzime me: \li2 Yehiel ƒe vi, Obadia kple ŋutsu alafa eve kple wuienyi (218) siwo nɔ eŋu la; \li1 \v 10 Ame siwo tso Bani ƒe dzidzime me: \li2 Yosifia ƒe vi, Selomit kple ŋutsu alafa ɖeka kple blaade (160) siwo nɔ eŋu la; \li1 \v 11 Ame siwo tso Bebai ƒe dzidzime me: \li2 Bebai ƒe vi, Zekaria kple ŋutsu blaeve-vɔ-enyi siwo nɔ eŋu la; \li1 \v 12 Ame siwo tso Azgad ƒe dzidzime me: \li2 Hakatan ƒe vi, Yohanan kple ŋutsu alafa ɖeka kple ewo (110) siwo nɔ eŋu la; \li1 \v 13 Ame siwo tso Adonikam ƒe dzidzime me: \li2 Ame mamlɛ siwo ƒe ŋkɔwoe nye Elifelet, Yeuel kple Semaya kple ŋutsu blaade siwo nɔ wo ŋu la; \li1 \v 14 Ame siwo tso Bigvai ƒe dzidzime me: \li2 Utai kple Zakur kple ŋutsu blaadre siwo nɔ wo ŋu la. \s1 Tɔtrɔgbɔ va Yerusalem \p \v 15 Tete meƒo wo nu ƒu ɖe tɔsisi si si ɖo ta Ahava la to eye míeƒu asaɖa anyi ɖe afi ma ŋkeke etɔ̃. Esi metsa le ameawo kple nunɔlaawo dome la, nyemekpɔ Levitɔ aɖeke o. \v 16 Ale meyɔ Eliezer, Ariel, Semaya, Elnatan, Yarib, Elnatan, Natan, Zekaria kple Mesulam, ame siwo nye kplɔlawo, kpe ɖe Yoyarib kple Elnatan ŋu, ame siwo nye agbalẽnyala gãwo, \v 17 eye medɔ wo ɖo ɖe dudzikpɔla Ido gbɔ le Kasifia. Megblɔ nya si wòle be woagblɔ na Ido kple nɔvia siwo nye dɔlawo le gbedoxɔ me le Kasifia, ale be woaɖo dɔwɔlawo ɖe mí hena dɔwo wɔwɔ le míaƒe Mawu la ƒe aƒe me. \v 18 Esi wònye be míaƒe Mawu la ƒe amenuvevesie nɔ mía dzi ta la, wokplɔ Serebia, ŋutsu si ŋu ŋutete geɖe nɔ la vɛ na mí, ame si nye Mahli, Levi ƒe dzidzimevi. Ke Mahli nye Levi ƒe vi, eye Levi nye Israel ƒe vi, kpe ɖe Serebia ƒe viŋutsuwo kple nɔvia ŋutsuwo ŋu, eye wo katã wole ame wuienyi. \v 19 Woawo kple Hasabia, kpe ɖe Yesaya si tso Merari ƒe dzidzimeviwo dome la ŋuti kple nɔvia ŋutsuwo kple woƒe ƒometɔ bubuwo, ale wo katã wole ŋutsu blaeve. \v 20 Woawo hã kplɔ gbedoxɔmedɔwɔla alafa eve kple blaeve (220) ɖe asi, ame siwo David kple eƒe dɔnunɔlawo ɖo be woakpe ɖe Levitɔwo ŋu. Woŋlɔ wo katã ƒe ŋkɔwo ɖi. \p \v 21 Le Ahava tɔsisi la to, le afi ma meɖe gbeƒã nutsitsidɔ, ale be míabɔbɔ mía ɖokuiwo le míaƒe Mawu la ŋkume be míabia dedinɔnɔ na míawo ŋutɔ kple mía viwo kple míaƒe nunɔamesiwo ƒe dedinɔnɔ. \v 22 Ŋu le kpeyem be mabia fia la be wòana asrafowo kple sɔdolawo mí, woadzɔ mía ŋu le mɔa dzi le míaƒe futɔwo ta, elabena megblɔ na fia la be, “Míaƒe Mawu la ƒe amenuvevesi nɔa ame sia ame si ɖoa dzi ɖe eŋu la dzi, ke eƒe dziku gã la nɔa ame siwo katã gbee la dzi.” \v 23 Ale míetsi nu dɔ, ƒo koko na míaƒe Mawu la tso nu sia ŋuti, eye wòɖo míaƒe gbedodoɖa ŋu. \p \v 24 Tete meɖe nunɔla siwo bi ɖe dɔa me nyuie la dometɔ wuieve ɖe aga kpe ɖe Serebia, Hasabia kple wo nɔviŋutsu ewo bubuwo ŋu. \v 25 Meda sika, klosalo kple nu bubu siwo fia la, eƒe aɖaŋuɖolawo, eƒe dɔnunɔlawo kple Israel blibo si nɔ afi ma la na hena míaƒe Mawu ƒe aƒe la. \v 26 Meda klosalo tɔn blaeve-vɔ-eve na wo kple klosalonu bubu siwo ƒe kpekpeme nɔ tɔn etɔ̃ kple afã la na wo, kpe ɖe sika tɔn etɔ̃ kple afã \v 27 kple sikagba blaeve siwo ƒe home anɔ sikaga kilogram enyi kple afã, kpe ɖe akɔblinu vevi eve siwo ŋu wozrɔ̃ wole dzo dam abe sika adodea ene la ŋu. \p \v 28 Eye megblɔ na wo be, “Wokɔ miawo ŋutɔ kple nu siawo katã ŋuti na Yehowa. Klosalo kple sika nye lɔlɔ̃nununanawo na Yehowa, mia fofowo ƒe Mawu la. \v 29 Midzɔ wo ŋu nyuie eye midzra wo ɖo va se ɖe esime miada wo ɖe Yehowa ƒe aƒe la ƒe xɔwo me le Yerusalem le nunɔla tsitsiawo, Levitɔwo kple Israel ƒe ƒometatɔwo ŋkume.” \v 30 Ale nunɔlaawo kple Levitɔwo xɔ klosalo, sika kple nu kɔkɔe bubu siwo woda be woatsɔ ayi ɖe míaƒe Mawu ƒe aƒe la mee le Yerusalem. \p \v 31 Le dzinu gbãtɔ ƒe ŋkeke wuievelia dzi la, míedze mɔ tso Ahava tɔsisi la to ɖo ta Yerusalem. Míaƒe Mawu la ƒe asi nɔ mía dzi, eye wòɖe mí tso futɔwo kple adzohawo ƒe asime le mɔa dzi. \v 32 Ale míeva ɖo Yerusalem, eye míedzudzɔ ŋkeke etɔ̃. \p \v 33 Le ŋkeke enelia dzi, le míaƒe Mawu la ƒe aƒe me, míeda sika, klosalo kple nu kɔkɔe bubuawo de asi na Uria ƒe vi, nunɔla Meremot. Eleazar, Finehas ƒe vi, nɔ egbɔ hekpe ɖe Levitɔwo, Yozabad, Yesua ƒe vi kple Noadia, Binui ƒe vi ŋuti. \v 34 Míena akɔnta tso nu sia nu ŋuti, le woƒe xexlẽme kple kpekpeme nu, eye woŋlɔ kpekpeme ɖe sia ɖe da ɖi le ɣe ma ɣi me. \p \v 35 Tete ame siwo gbɔ tso aboyo me la sa numevɔ na Israel ƒe Mawu la kple nu siawo: Nyitsu wuieve, ɖe Israel ƒe toawo nu, agbo blaasiekɛ-vɔ-ade, alẽvi blaadre-vɔ-adre kple gbɔ̃tsu wuieve abe nu vɔ̃ vɔsa ene. Wotsɔ esiawo katã wɔ numevɔsae na Yehowa. \v 36 Wotsɔ fia la ƒe sededewo hã na fiateƒenɔlawo kple mɔmefia siwo le Frat tɔsisi la godo, ame siwo na kpekpeɖeŋu dukɔ la kple Mawu ƒe aƒe la. \c 9 \s1 Ezra ƒe gbedodoɖa tso dutanyɔnuwo ɖeɖe ŋuti \p \v 1 Le nu siawo wɔwɔ vɔ megbe la, kplɔlawo va gbɔnye gblɔ nam be, “Israel blibo la, nunɔlawo kple Levitɔwo hã, meɖe wo ɖokui ɖa tso dukɔ bubuwo abe Kanaantɔwo, Hititɔwo, Perizitɔwo, Yebusitɔwo, Amonitɔwo, Moabtɔwo, Egiptetɔwo kple Amoritɔwo ene ƒe ŋunyɔnuwo gbɔ o. \v 2 Woawo ŋutɔ ɖe woƒe nyɔnuwo na wo ɖokui kple wo viŋutsuwo, eye wotsaka dukɔ kɔkɔe la kple dukɔ siwo ƒo xlã wo, eye kplɔlawo kple amegãwoe nɔ ŋgɔ le nuteƒemawɔmawɔ sia me.” \p \v 3 Esi mese nya siawo la, medze nye dziwui kple nye awu ʋlaya, mekaka nye taɖa kple ge eye menɔ anyi le nuxaxa me. \v 4 Tete ame siwo katã dzodzonyanya lé le Israel ƒe Mawu la ƒe nyawo ta la va ƒo xlãm le aboyometsolawo ƒe nuteƒemawɔmawɔ sia ta. Menɔ anyi de kɔ to kple nuxaxa nenema va se ɖe fiẽvɔsaɣi. \p \v 5 Le fiẽvɔsaɣi la, metsi tsitre tso nye ɖokuibɔbɔ la me, dziwui kple awu ʋlaya vuvu la nɔ ŋunye, eye meyi ɖadze klo, keke nye abɔwo me do ɖe Yehowa, nye Mawu la gbɔ, \v 6 hedo gbe ɖa be: \pm “O nye Mawu, ŋu kpem eye nye mo tsi dãa ale gbegbe be nyemate ŋu awu mo dzi ɖe wò, nye Mawu la ŋuti o, elabena míaƒe nu vɔ̃wo kɔ gbɔ míaƒe tawo ŋu, eye míaƒe dzidadawo yi ɖatɔ dziƒo ke. \v 7 Tso mía fofowo ŋɔli ke va se ɖe fifia la, míaƒe nu vɔ̃wo kpe ŋutɔ. Le míaƒe nu vɔ̃wo ta la, wotsɔ yi he to na míawo ŋutɔ, míaƒe fiawo kple míaƒe nunɔlawo, eye woɖe aboyo mí. Dutafiawo ha mí, eye wodo ŋukpe mí abe ale si wòle egbea ene. \pm \v 8 “Ke azɔ la, le ɣeyiɣi kpui siawo me la, Yehowa, míaƒe Mawu la ve mía nu, gblẽ ame mamlɛawo ɖi na mí hena afɔɖoƒe sesẽ mí le eƒe kɔkɔeƒe la, ale míaƒe Mawu la na míaƒe ŋkuwo dzi kɔ kple gbɔdzɔe vi aɖe tso míaƒe kluvinyenye me. \v 9 Togbɔ be míenye kluviwo hã la, míaƒe Mawu la megblẽ mí ɖe kluvinyenye me o. Ekpɔ nublanui na mí le Persia fiawo ƒe ŋkume. Ena agbe yeye mí be míagbugbɔ míaƒe Mawu la ƒe xɔ atu, eye míaɖɔ eƒe gli gbagbãwo ɖo. Ke eɖo dedinɔnɔ ƒe gli ƒo xlã mí le Yuda kple Yerusalem. \pm \v 10 “Ke azɔ la, O míaƒe Mawu, nu ka gblɔ ge míala le esia megbe? Elabena míegbe nu le wò sededewo gbɔ, \v 11 se siwo nède to wò nyagblɔɖilawo dzi esi nègblɔ be, ‘Anyigba si dzi mieyina be miaxɔ la nye anyigba makɔmakɔ to edzinɔlawo ƒe ŋunyɔnuwo wɔwɔ me. Woto woƒe ŋunyɔnuwo wɔwɔ me tsɔ makɔmakɔnyenye yɔ edzii tso go ɖeka dzi, yi go bubu dzi. \v 12 Eya ta migatsɔ mia vinyɔnuwo na wo viŋutsuwo woaɖe alo aɖe wo vinyɔnuwo na mia viŋutsuwo o. Migabla ɖekawɔwɔ ƒe nu kpli wo ɣe aɖeke ɣi o, ale be miakpɔ ŋusẽ aɖu anyigba la ƒe nu nyuiwo, eye miagblẽ wo ɖi na mia viwo, woanye domenyinu mavɔ na wo.’ \pm \v 13 “Nu si dzɔ ɖe mia dzi la nye míaƒe nu tovo wɔwɔwo kple agɔ gã si míedze la ƒe metsonu. Ke hã la, wò, míaƒe Mawu, èhe to na mí vie ko. To si nèhe na mí la le sue wu esi míaƒe nu vɔ̃wo dze na, eye nèsusɔ amewo ɖi na mí abe esiawo ene. \v 14 Ɖe míagada le wò seawo dzi, ahaɖe srɔ̃ tso ame siwo wɔ ŋunyɔnu siawo domea? Ɖe màdo dziku ɖe mía ŋu ale gbegbe be, nàtsrɔ̃ mí eye màgble ame aɖeke ɖi alo ame ɖeka hã teti natsi agbe oa? \v 15 O Yehowa, Israel ƒe Mawu, wò la, èle dzɔdzɔe! Wogble mí ɖi egbea abe ame siwo susɔ la ene. Míawoe nye si le ŋkuwò me le míaƒe agɔdzedze me togbɔ be, le esia ta mía dometɔ ɖeka hɔ̃ɔ hã mate ŋu atsi tsitre ɖe ŋkuwò me o hafi hã.” \c 10 \s1 Ameawo ʋu woƒe nu vɔ̃wo me \p \v 1 Esi Ezra nɔ gbe dom ɖa, nɔ nu vɔ̃ me ʋum, nɔ avi fam, eye wòtsɔ eɖokui nɔ xaxlãm ɖe anyi le Mawu ƒe aƒe la ŋkume la, Israelviwo ƒe ameha gã aɖe, ŋutsuwo, nyɔnuwo kple ɖeviwo va ƒo ƒu ɖe eŋu. Woawo hã wofa avi vevie. \v 2 Tete Yehiel ƒe vi, Sekania, Elam ƒe dzidzimeviwo dometɔ ɖeka, gblɔ na Ezra be, “Míeto nyateƒe na míaƒe Mawu la o, to dutanyɔnuwo ɖeɖe me tso dukɔ siwo ƒo xlã mí la me. Togbɔ be ele alea hã la, mɔkpɔkpɔ gali na Israel ko. \v 3 Azɔ la, mina míabla nu le míaƒe Mawu la ŋkume be míatrɔ nyɔnu siawo katã kple woƒe viwo aɖo ɖa, le nye aƒetɔ ƒe aɖaŋuɖoɖo kple ame siwo vɔ̃a míaƒe Mawu la ƒe sededewo ƒe nya nu. Mina míawɔe ɖe sea nu. \v 4 Tsi tsitre, nya sia le asiwò me. Míade megbe na wò, eya ta tso nàlé dzi ɖe ƒo eye nàwɔe.” \p \v 5 Ale Ezra tsitre eye wòna nunɔla tsitsiawo, Levitɔwo kple Israel blibo la ka atam be woawɔ ɖe susu si wodo ɖa la dzi. Tete woka atam la. \v 6 Ale Ezra dzo le Mawu ƒe aƒe la ŋkume heyi ɖe Yehohanan, Eliasib ƒe vi ƒe xɔ me. Esi wònɔ afi ma la, meɖu nu alo no tsi o, elabena eganɔ konyi fam ko tso aboyometsolawo ƒe nuteƒemawɔmawɔ ŋu. \p \v 7 Le esia megbe la, woɖe gbeƒã le Yuda kple Yerusalem katã be ame siwo katã gbɔ tso aboyome la naƒo ƒu ɖe Yerusalem. \v 8 Ame si meva le ŋkeke etɔ̃ me o la, abu eƒe nunɔamesiwo katã le ametsitsiawo kple dɔnunɔlawo ƒe nyametsotso nu, eye woaɖe amea ɖa le aboyometsolawo ƒe hame. \b \p \v 9 Le ŋkeke etɔ̃ me la, Yuda kple Benyamin ŋutsuwo katã va ƒo ƒu ɖe Yerusalem. Ale le dzinu asiekelia ƒe ŋkeke blaevea gbe la, ameawo katã va nɔ anyi ɖe xɔxɔnu si dze ŋgɔ Mawu ƒe aƒe la. Wonɔ dzodzom nyanyanya le nya sia kple tsi gã si nɔ dzadzam la ta. \v 10 Nunɔla Ezra tsitre gblɔ na wo be, “Miewɔ nuteƒe o, mieɖe dutanyɔnuwo, hedzi Israel ƒe agɔdzedze ɖe edzi. \v 11 Azɔ la, miʋu nu vɔ̃ me na Yehowa, mia fofowo ƒe Mawu la, eye miwɔ eƒe lɔlɔ̃nu. Miɖe mia ɖokuiwo ɖa tso dukɔ siwo ƒo xlã mi la gbɔ, eye miɖe asi le miaƒe dutanyɔnuwo ŋu.” \p \v 12 Ameha la ɖo eŋu nɛ kple gbe sesẽ be, “Wò nya la le eteƒe! Ele be míawɔ abe ale si nègblɔ ene, \v 13 gake ame geɖewo le afi sia, eye wònye tsidzaŋɔli hã, ale míate ŋu anɔ tsitre ɖe gota o. Gawu la, womate ŋu awɔ nya sia ŋu dɔ le ŋkeke ɖeka alo eve me o, elabena míewɔ nu vɔ̃ gã aɖe le nu sia me. \v 14 Na be míaƒe amegãwo nawɔ dɔ ɖe ameha la nu, na be, ame siwo le míaƒe duwo me, esiwo ɖe dutanyɔnuwo la nava ɖe ɣeyiɣi ɖoɖiwo dzi kple dumegãwo kpakple ʋɔnudrɔ̃la siwo le du siwo me wotso la me va se ɖe esime míaƒe Mawu la ƒe dziku dziŋɔ la nakɔ ɖa le mía dzi.” \v 15 Ame siwo tsi tsitre ɖe nya sia ŋu la koe nye, Yonatan, Asahel ƒe vi kple Yahzeya, Tikva ƒe vi eye Mesulam kple Sabetai, Levitɔ la, da megbe na wo. \p \v 16 Ale aboyometsolawo wɔ abe ale si dzi woɖo kpee ene. Nunɔla Ezra tia ŋutsu siwo nye ƒometatɔwo, tso ƒome ɖe sia ɖe me, eye ɖe sia ɖe kple eƒe ŋkɔ. Le dzinu ewolia ƒe ŋkeke gbãtɔ dzi la, wonɔ anyi be woaku nya la me, \v 17 eye le dzinu gbãtɔ ƒe ŋkeke gbãtɔ dzi la, wowu ŋutsu siwo katã ɖe dutasrɔ̃ la ƒe nyawo nu. \s1 Ame siwo dze agɔ to dutasrɔ̃ɖeɖe me \li4 \v 18 Ame siawoe ɖe dutanyɔnu le nunɔlawo dome. Ame siwo ɖee tso Yozadak ƒe vi, Yesua kple nɔvia ŋutsuwo ƒe dzidzimeviwo dome la woe nye: Maaseya, Eliezer, Yarib kple Gedalia. \v 19 Wo katã wodo asi ɖe dzi, ɖe adzɔgbe be, yewoaɖe asi le yewoƒe dutanyɔnuawo ŋu, eye ɖe woƒe agɔdzedze la ta la, ɖe sia ɖe na agbo ɖeka tso lãhawo dome abe nu vɔ̃ vɔsa ene. \li1 \v 20 Tso Imer ƒe dzidzimeviwo dome: \li2 Hanani kple Zebadia. \li1 \v 21 Tso Harim ƒe dzidzimeviwo dome: \li2 Maaseya, Eliya, Semaya, Yehiel kple Uzia. \li1 \v 22 Tso Pasur ƒe dzidzimeviwo dome: \li2 Elioenai, Maaseya, Ismael, Netanel, Yozabad kple Eleasa. \b \li4 \v 23 Tso Levitɔwo dome: \li2 Yozabad, Simei, Kelaya (alo Kelita), Petahia, Yuda kple Eliezer. \li1 \v 24 Tso hadzilawo dome: \li2 Eliasib. \li1 Tso agbonudzɔlawo dome: \li2 Salum, Telem kple Uri. \b \li4 \v 25 Tso Israelvi bubuwo dome: \li1 Tso Paros ƒe dzidzimeviwo dome: \li2 Ramia, Izia, Malkiya, Miyamin, Eleazar, Malkiya kple Benaya. \li1 \v 26 Tso Elam ƒe dzidzimeviwo dome: \li2 Matania, Zekaria, Yehiel, Abdi, Yeremot kple Eliya. \li1 \v 27 Tso Zatu ƒe dzidzimeviwo dome: \li2 Elioenai, Eliasib, Matania, Yeremot, Zabad kple Aziza. \li1 \v 28 Tso Bebai ƒe dzidzimeviwo dome: \li2 Yehohanan, Hananiya, Zabai kple Atlai. \li1 \v 29 Tso Bani ƒe dzidzimeviwo dome: \li2 Mesulam, Maluk, Adaya, Yasub, Seal kple Yeremot. \li1 \v 30 Tso Pahat Moab ƒe dzidzimeviwo dome: \li2 Adna, Kelal, Benaya, Maaseya, Matania, Bezalel, Binui kple Manase. \li1 \v 31 Tso Harim ƒe dzidzimeviwo dome: \li2 Eliezer, Isiya, Malkiya, Semaya, Simeon, \v 32 Benyamin; Maluk kple Semaria. \li1 \v 33 Tso Hasum ƒe dzidzimeviwo dome: Matenai, Matata, Zabad, Elifelet, Yeremai, Manase kple Simei. \li1 \v 34 Tso Bani ƒe dzidzimeviwo dome: \li2 Madai, Amram, Uel, \v 35 Benaya, Bedeya, Keluhi, \v 36 Vania, Meremot, Eliasib, \v 37 Matania, Matenai kple Yaasu. \li1 \v 38 Tso Binui ƒe dzidzimeviwo dome: \li2 Simei, \v 39 Selemia, Natan, Adaya, \v 40 Maknadebai, Sasai, Sarai, \v 41 Azarel, Selemia, Semaria, \v 42 Salum, Amaria kple Yosef. \li1 \v 43 Tso Nebo ƒe dzidzimeviwo dome: \li2 Yeiel, Matitia, Zabad, Zebina, Yadai, Yoel kple Benaya. \b \li4 \v 44 Ame siawo katã ɖe dutanyɔnuwo, eye wo dometɔ aɖewo la, wo kple dutanyɔnuawo gɔ̃ hã dzi viwo.